Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 23:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke ne mietrɔ heku ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖe mia gbɔ la ŋu, eye mieɖo ƒome kpli wo, mieyi wo dome, eye woawo hã va mia dome la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la,

Gade chapit la Kopi




Yosua 23:12
28 Referans Kwoze  

Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o;


eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.


Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.


Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


Tso esia dzi la eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.


Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.


Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.


Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.


Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo.


Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.


Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.


elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo.


Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la.


Woɖe woƒe vinyɔnuwo, eye woawo hã tsɔ woƒe vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo, eye wosubɔ woƒe mawuwo.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.


Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite