Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:6
18 Referans Kwoze  

Tete Yosua yrae, eye wòtsɔ Xebron na Kaleb, Yefune vi la, ne wòanye eƒe domenyinu.


Eye wòkplɔ wo do go vaseɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.


Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.


Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Elabena dukɔ la ƒe akpa gãtɔ, siwo ƒe geɖeawo tso Efrayim, Manase, Isaxar kple Zebulon la, mekɔ wo ɖokui ŋu o, eye womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene o; gake Xizkiya do gbe ɖa ɖe wo ta gblɔ bena: Yehowa, dɔmenyotɔ, atsɔe ake,


Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!


Emegbe Eli yra Elkana kple srɔ̃a gblɔ bena: Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vu na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe! Eye wogbugbɔ yi wo nɔƒe.


Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ.


Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Emegbe Yosua de asi le dukɔ la ŋu, eye amesiame yi eƒe anyigba dzi. Yosua kple Eleazar ƒe ku. Woɖi Yosef ƒe fuwo.


Azɔ Samuel gblɔ fiaɖuɖu ƒe kɔnuwo na dukɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Yehowa ŋku me. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, amesiame yi aƒe.


Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.


Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.


Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite