Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:4
16 Referans Kwoze  

Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


Míatrɔ va míaƒe xɔwo nu o, vaseɖe esime Israel-viwo dome amesiame naxɔ eƒe domenyinu wòanye etɔ hafi.


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Eye Mose na anyigba Ruben-viwo ƒe to la ɖe woƒe ƒomewo nu,


Eyata milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena nusianu, si miawɔ la, nadze dzi na mi.


elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.


Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o.


Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.


vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.


Miegblẽ mia nɔviwo ɖi le ɣeyiɣi didi siawo me vaseɖe egbe sia o, eye miewɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se la dzi.


Yehowa ƒe dɔla Mose kple Israel-viwo ɖu wo dzi, eye Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã wònye wo tɔ.


Yehowa, mia Mawu la, li kpli mi tso, eye wòna gbɔdzɔe mi godoo va kpe, elabena etsɔ anyigba la de asi nam, eye anyigbadzitɔwo na ta le Yehowa kple eƒe dukɔ la ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite