Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, gblɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-vi wo bena: Egbe míedze sii bena, Yehowa le mía dome, elabena esi mieda vo ɖe Yehowa ŋu o la, eyata mieɖe Israel-viwo tso Yehowa si me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!”

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:31
13 Referans Kwoze  

eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.


eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.


Esi nunɔla Pinehas kple ameha la ƒe amegãwo, siwo kpe ɖe eŋu, amesiwo nye tatɔwo le Israel ƒe ame akpeawo nu, se nya, siwo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo gblɔ la, edze wo ŋu.


Tete Pinehas, nunɔla Eleazar vi, kple amegãwo gbugbɔ tso Ruben-viwo kple Gad-viwo gbɔ le Gilead-nyigba dzi va Israel-viwo gbɔ le Kanaan-nyigba dzi, eye wohe dɔgbedenya vɛ na wo.


amesi nye Abisua vi, amesi nye Pinexas vi, amesi nye Eleazar vi, amesi nye nunɔlawo ƒe tatɔ, Aron vi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite