Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke boŋ míewɔ alea, elabena mievɔ̃ ɖa be, mia viwo ava bia mía viwo gbaɖegbe bena: Miawo miele kadodoa ɖeke me kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la?

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:24
7 Referans Kwoze  

ne kpe siawo nanye dzesi anɔ mia dome. Eye ne mia viwo ava bia mi gbaɖegbe bena: Kpe siawo gɔme ɖe hã la,


Ne viwò ava bia wò gbaɖegbe bena: Nukata Yehowa, mía Mawu, gblɔ ɖaseɖiɖi, ɖoɖo kple se siawo na mi hã la,


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Gbesigbe nava kpɔ nye fetua ɖa la, ekema nye anukwareɖiɖi adze ƒã; ne àkpɔ gbɔ̃, si mele ŋɔtaŋɔta o, kple esi metso kpɔ o, kpakple alẽvi, si mele yibɔ o la, ekema ɖe mefii.


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Nenye vɔsamlekpui míeɖi, be míatrɔ le Yehowa yome, eye nenye ɖe míebe, míasa numevɔ kple nuɖuvɔ alo akpedavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nekpɔ eme!


Yehowa tsɔ Yordan do liƒo mia kpli mi Ruben-viwo kple Gad-viwo dome; gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o! Ale mia viwo ana be, mía viwo agbe Yehowa vovɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite