Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ɖe Axan, Serax vi, megbe anukwareɖiɖi le busunuawo me, eye dɔmedzoe va Israel-ha blibo la dzi, eye menye eya ɖeka kolia koe ku ɖe eƒe vodada la ta oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?”

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:20
11 Referans Kwoze  

Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.


Tete Yosua kple Israel blibo la kplɔ Axan, Zerax vi, hekpe de klosalo la, awu ʋlaya la kple sikakpɔti la kpakple viaŋutsuwo kple vinyɔnuwo, eƒe nyi, tedzi kple alẽwo, eƒe agbadɔ kpakple nusiwo katã le esi la ŋu, yi Axor-bali la me.


Eye esi wòna eƒe aƒe te va ŋutsu ɖekaɖeka la, asi tu Axan, Karmi vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-to la me.


eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-to afã la ɖo ŋu na Israel ƒe ame akpeawo tatɔwo bena:


Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ Aserawo kple legbawo Tete dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi le woƒe fɔɖiɖi sia ta.


Ame abe wò ene, wò vɔɖiwɔwɔ ava dziwò ke; eye wò amegbetɔvi, wò dzɔdzɔenyenye ava dziwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite