Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 22:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esi wova ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui gã nyuia ɖe ɖe Yordan nu afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 22:10
10 Referans Kwoze  

Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Eye Israel-viwo se bena, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã la ɖi vɔsamlekpui ɖe Yordan-nuto me dze ŋgɔ Kanaan-nyigba le Israel-viwo ƒe go keme dzi.


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite