Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.
Ke Sixon meɖe mɔ na Israel be, wòato eƒe anyigba dzi ayi o; boŋ Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu, eye woho va kpe Israel le gbedzi. Esi wòɖo Yaza ta, ewɔ aʋa kple Israel.