Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 21:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 21:11
15 Referans Kwoze  

Eye wotsɔ Aner kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bileam kple eŋu lãnyiƒe na Kehat viwo ƒe ƒome susɔeawo ɖe Manase ƒe to afã la me.


Eye Maria tsi tre le ŋkeke siawo me, eye wòɖe abla yi to la dzi, ɖe Yuda-dua ɖe me;


Le ƒe ene megbe la Absalom gblɔ na fia la bena: Taflatse, na mayi adawɔ nye adzɔgbe, si meɖe na Yehowa la dzi le Xebron.


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


Xumta, Kiryat-Arba, eya nye Xebron kple Zion Wole du asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Du, siwo wona Aron-viwo, siwo nye Kehat-ƒomeawo tso Lewi-viwo dome la, wonye — elabena eya dzi dzidze; gbãtɔ dze —


Ke wotsɔ, agble, si le dua ŋuti, kple eƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi, wònye etɔ.


kpakple amesiwo le Xebron kple teƒe, siwo katã Dawid kple eƒe amewo to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite