Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Esiawo nye ɖu, siwo woɖo na Israel-viwo katã kple amedzro, si le wo dome bena, ne amea ɖe mebua wu nɔvia o la, wòasi ayi afima, ne magaku ɖe hlɔ̃tɔ si me, hafi woahe eƒe nya ava ameha la ŋku mee o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 20:9
5 Referans Kwoze  

Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israel-viwo kple amedzrowo kpakple wo gbɔ mewo, bena ne amea ɖe mebua wu ame o la, ne wòasi ayi afima.


Eye wòana du ma me, vaseɖe esime woakplɔe ava ameha la ŋku me, eye woadzro nya la me; eye ne nunɔla gã, si fi ɣemaɣi ku la, ekema amewula la kpɔ mɔ agbugbɔ ayi du, si me wòsi tso kple eya ŋutɔ ƒe xɔ nu.


Ne esi yi du siawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòatɔ ɖe ɖu la ƒe agbo nu, eye wòagblɔ eƒe nya la na dumegãwo, hafi woaxɔe ɖe dua me, eye woana teƒee wòanɔ wo gbɔ.


Sitsoƒedu, siwo miana la, nanye du ade.


Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite