Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 20:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 20:7
22 Referans Kwoze  

Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti.


Eye Maria tsi tre le ŋkeke siawo me, eye wòɖe abla yi to la dzi, ɖe Yuda-dua ɖe me;


Esiwo le Naftali-to la me, wonye. Kedes le Galilea, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Xamot-Dor kple eŋu lãnyiƒe kpakple Kartan kple eŋu lãnyiƒe; wole du etɔ̃.


Sixem, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola, le Efrayim-to dzi kple eŋu lãnyiƒe. Gezer kple eŋu lãnyiƒe,


Du, siwo wotsɔ na nunɔla Aron-viwo, wonye: Xebron, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Libna kple eŋu lãnyiƒe,


Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Rexabeam yi Sixem, elabena Israel blibo la va Sixem, be woatsɔe aɖo fiae.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Eye du, siwo miatsɔ na Lewitɔwo la, dometɔ ade nanye sitsoƒeduwo, siwo me hlɔ̃dolawo nasi ayi ɖo, eye miatsɔ du blane vɔ eve akpe ɖe ŋu na wo.


Eye Mose tia du etɔ̃ le ɣemaɣi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome,


ke esi nèle se blibo, si mede na wò egbe la, me ɖe asi, eye nèwɔ edzi, èlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nezɔ eƒe mɔwo dzi ɣesiaɣi ta la, ekema natsɔ du etɔ̃ akpe ɖe wo ame etɔ̃ siawo ŋu,


Kedes-fia ɖeka, Yokneam, si le Karmel ŋu la me fia ɖeka,


Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.


Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene.


Du sesẽwo nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,


Adama, Rama, Xazor,


Kedes, Edrei, En-Xazor,


Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem, eye wòyɔ ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo, eye wova tsi tre ɖe Mawu ŋku me.


Eye Abimelex, Yerub-Baal vi, yi dadaa nɔviwo gbɔ le Sixem, eye wòƒo nu kpli wo kpakple dadaa fofo ƒomeawo katã bena:


Eye Rexabeam yi Sixem, elabena Israel blibo la va Sixem, be wòaɖo fiae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite