Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Evɔ wònye èkplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta ɖe ɖetifu, siwo wosia ɖe xɔta me hafi

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te.

Gade chapit la Kopi




Yosua 2:6
17 Referans Kwoze  

Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?


Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Ke nyɔnua ɖe tsɔ avɔ keke ɖe vudo la nu, eye wòsia bli gbagbã ɖe edzi, be womagadze sii o.


amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o;


Eye fia la de se na fiavi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi, kpakple Selemya, Abdiel vi, be woaɖakplɔ agbalẽŋlɔla Barux kple nyagblɔɖila Yeremya vɛ; ke Yehowa tsɔ wo ɣla.


Tete fia Yoram nɔvinyɔnu Yoseba, amesi nye Axazya nɔvinyɔnu, fi Axazya ƒe viŋutsu Yoas le fiavi, siwo wu ge wòala la dome, eye wotsɔ eya kple eƒe nonala yi ɖaɣla ɖe Atalya ɖe abaxɔ me, eye womaɖui o.


Ɖe womegblɔ nusi mewɔ la, na nye aƒetɔ oa? Esi Izebel wu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo, eye meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃ hetsɔ abolo kple tsi nyi wòe oa?


Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Hafi ŋutsuawo nadɔ alɔ la, nyɔnu la yi wo gbɔ le xɔta


Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.


Eye nyɔnu la fɔ fu dzi ŋutsuvi. Esi wòkpɔ bena, edze ɖeka la, eɣlae ɣleti etɔ̃.


Esi anyigba tsyɔ, eye wole agbo tu ge la, ŋutsuawo do go, gake nyemenya afisi woyi o; miti wo yome kaba, elabena miate ŋu atu wo!


Ke ŋutsuawo ti wo yome ɖo ta Yordan nu, eye esi wo yometilawo do go la, wodo agbo la ɖe wo megbe.


Eye Yosua na Raxab, gbolo la fofoa ƒe me tɔwo kple eƒometɔwo katã tsi agbe, eye wotsi Israel dome vaseɖe egbe, elabena eyae ɣla amesiwo Yosua dɔ, be woaɖatsa ŋku le Yerixo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite