Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi anyigba tsyɔ, eye wole agbo tu ge la, ŋutsuawo do go, gake nyemenya afisi woyi o; miti wo yome kaba, elabena miate ŋu atu wo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!”

Gade chapit la Kopi




Yosua 2:5
11 Referans Kwoze  

Eye womatu eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o,


Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Wo agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã Kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ve na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu.


Hafi dzudzɔgbe la naɖo la, mede se be, ne vɔvɔli nye ɖo Yerusalem-gbowo nu ko la, woaɖo agboawo, eye megblɔ be, womegaʋu wo o, vaseɖe esime dzudzɔgbe la nu nayi hafi. Eye meɖe amewo tso nye ɖekakpuiwo dome ɖo agboawo nu, be womagatsɔ agboa ɖeke vɛ le dzudzɔgbe la o.


Ke ŋutsuawo ti wo yome ɖo ta Yordan nu, eye esi wo yometilawo do go la, wodo agbo la ɖe wo megbe.


Ke nyɔnu la tsɔ ŋutsu eveawo ɣla, eye wògblɔ bena: Ele me be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afisi wotso o.


Evɔ wònye èkplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta ɖe ɖetifu, siwo wosia ɖe xɔta me hafi


Tete Saul ɖɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid ve; ke egblɔ be, ele dɔ lém.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite