Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wòɖo ŋu na wo bena: Neva me, abe alesi miegblɔ ene! Eye wòɖe asi le wo ŋu woyi. Eyome wòtsi ka dzẽ dada ɖe fesre la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Rahab gblɔ na wo bena, “Melɔ̃ ɖe miaƒe ɖoɖo siawo dzi abe ale si miegblɔe ene.” Ale wòɖe asi le wo ŋu woyi. Ke etsi ka dzĩ la ɖe fesreti la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 2:21
6 Referans Kwoze  

Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.


Eye ne egblɔ míaƒe nya sia wose la, ekema atam, si nèna míeka na wò la, do le mía dzi.


Eye woyi dzi ɖatsi afima ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, vaseɖe esime wo yometilawo trɔ gbɔ. Eye wo yometilawo ɖi wo le mɔ blibo la katã dzi, gake womekpɔ wo o.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite