Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 2:18
19 Referans Kwoze  

Tete ɖekakpui, siwo nye ŋkutsalawo la, yi ɖakplɔ Raxab kple fofoa kpakple ɖada, nɔviaŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo katã kpakple nusianu, si le esi la, va Israel ƒe asaɖa godo.


Eye wòɖo ŋu na wo bena: Neva me, abe alesi miegblɔ ene! Eye wòɖe asi le wo ŋu woyi. Eyome wòtsi ka dzẽ dada ɖe fesre la nu.


Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu


Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.


ekema nunɔla nade se bena, woana xevi gbagbe eve, siwo dza kple sederti, ka dze kpakple isop ɖe amesi ŋu kɔm wole la ta.


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.


Eye esi wòle nu ƒom kplii la, eyi ɖe eme, eye wòkpɔ ame geɖewo ƒo ƒu ɖi.


Eye Yesu gblɔ ne bena: Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, ɖe esi eya hã nye Abraham vi ŋuti.


Eye nunɔla natsɔ sederti, isop kple ka dze ade nyinɔ ƒe dzo la me.


Emegbe woatso nyagadzĩ atsyɔ nuawo dzi, eye woatsɔ nyogbalẽ abu edzi, eye woade kpoawo eŋu.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?


Wò nuyiwo le abe ka dzẽ ene, eye wò nu dze ani; wò tonuƒuiwo le dzedzem le moxevɔ me abe yevuboɖa, si me wole ene.


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Eye Yosua na Raxab, gbolo la fofoa ƒe me tɔwo kple eƒometɔwo katã tsi agbe, eye wotsi Israel dome vaseɖe egbe, elabena eyae ɣla amesiwo Yosua dɔ, be woaɖatsa ŋku le Yerixo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite