Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata azɔ mita Yehowa nam, eye alesi meve mía nui la,; nenema ke miawo hã miave nye ƒome nui, eye mina dzesim ɖe dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene,

Gade chapit la Kopi




Yosua 2:12
24 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo;


Ke eyomemɔfiala ɖo dzesi ɖi na wo gblɔ bena: Amesi ke ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae; milée, eye mikplɔe yi kɔ.


Eye ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, be woaka atam le nye ŋkɔ me, abe alesi wòfiã nye dukɔ be, woata Baal ene be: „Meta Yehowa ƒe agbe“ la, ekema woaɖo wo gɔme anyi ɖe nye dukɔ la dome.


Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?


Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.


Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Màkplɔm ayi adzoha siawo gbɔe oa? Eɖo ŋu bena: Ta Mawu nam be, màwum o, eye màtsɔm ade asi na nye aƒetɔ o, ekema makplɔ wò ayi adzoha siawo gbɔe!


Eye Yosua wo xɔlɔ̃ kpli wo hebla nu kpli wo be, yeana woatsi agbe, eye ameha la ƒe amegãwo ka atam na wo.


be miana fofonye kple danye, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã natsi agbe, eye miaxɔ mí ɖe agbe.


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Eye dɔla la tsɔ eƒe asi ɖo eƒe aƒetɔ Abraham ƒe ali me, eye wòka atam nɛ ɖe nya sia dzi.


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Azɔ ka atam le Mawu ƒe ŋku me le afisia be, nagable nye ŋutɔ, vinyewo kple nye dzidzimeviwo o! Abe alesi meve nu wòe ene la, nenema ke wò hã nawɔ nam kple anyigba, si dzi nènye amedzro le la!


Ke ɖo ŋku dzinye, ne eva nyo na wò! Meɖe kuku, ve nunye, eye naɖo ŋku dzinye na Farao, bena wòaɖem le xɔ sia me.


Ne amea ɖe do le wò xɔ me ɖe xexe la, ekema eƒe nu tsi eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye míeɖi fɔa ɖeke o; ke ne amea ɖe le gbɔwò le wò xɔ me, hafi amea ɖe wɔ nanee la, ekema eƒe ʋu tsi miaƒe ta dzi.


Ke Yosua gblɔ na ŋutsu eve, siwo va tsa ŋku anyigba dzi la bena: Miyi ɖe gbolo la ƒe me, ne makplɔ nyɔnu la kple eƒe ƒometɔwo katã do goe, abe alesi mieke atam nɛ ene.


Tete ŋkutsalawo kpɔ ŋutsua ɖe ɖo tso dua me, eye wogblɔ ne bena: Fia mɔnu, si míato age ɖe dua me la mí, ekema míave nuwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite