Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 19:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yuda-viwo ƒe gome ŋu woɖe anyigba le na Simeon-viwo, elabena Yuda-viwo tɔ lolo na wo akpa, eyata Simeon-viwo xɔ woƒe anyigba ɖe wo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa.

Gade chapit la Kopi




Yosua 19:9
7 Referans Kwoze  

Eye wotsɔ gomer dzidzee; ke amesi fɔe fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe dzi o, eye amesi fɔe ʋee ko la, naneke mehiãe o; amesiame fɔe ɖe eƒe ɖuɖu nu.


Aɖi woƒe nyanyrã ŋu, elabena enu sẽ, kple woƒe dziku ŋu, elabena eteƒe meka o! Mamã wo de Yakob viwo dome, eye makaka wo ɖe Israel.


hekpe ɖe kɔƒe, siwo katã le du, siawo gbɔ vaseɖe Baalat-Beer la ŋuti, eya nye Ramat le dziehe. Esia nye Simeon-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Dzidze etɔ̃lia dze Zebulon-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu, eye woƒe anyigba ƒe liƒo de Sarid.


Yuda nexɔ gome ɖeka ɖe Ruben ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.


Nana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee; woana domenyinu la ɖe amesiwo wotia xlẽ la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite