Ɣemaɣi la fiaa ɖeke menɔ Israel o. Eye Dan-viwo ƒe to la ɖi anyigba, be woanɔ edzi ɣemaɣi, elabena anyigbaa ɖeke mesu wo si le Israel ƒe toawo dome vaseɖe ɣemaɣi o.
Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.