Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 19:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Du sesẽwo nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret,

Gade chapit la Kopi




Yosua 19:35
14 Referans Kwoze  

kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Arwatitɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo; emegbe Kanaan ƒe ƒome va keke ta ɖe dzi.


Eye wotso ƒu la ɖi go ɖe Genezaret.


Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.


Miaɖee tso Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye liƒo la naɖe Zedad.


Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat.


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


Eye liƒo la nyẽ kpo ɖe ɣetoɖoƒe gome va to Aznot-Tabor, eye wòmlo zɔ Xukok ŋu va to Zebulon ŋu le dziehe, eto Aser ŋu le ɣetoɖoƒe, eye wòto Yuda ŋu le Yordan nu le ɣedzeƒe.


Adama, Rama, Xazor,


Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.


Esiwo le Naftali-to la me, wonye. Kedes le Galilea, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Xamot-Dor kple eŋu lãnyiƒe kpakple Kartan kple eŋu lãnyiƒe; wole du etɔ̃.


Eye wòdɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe se na wò be: Ho, yi Tabor-to la dzi, naɖe ame akpe ewo tso Naftali-viwo kple Zebulon-viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu;


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite