Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 19:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 vaseɖe Uma, Afek kple Rexob. Wole du blave vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Uma, Afek kple Rehob. Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo

Gade chapit la Kopi




Yosua 19:30
12 Referans Kwoze  

Ke esi ame mlɔeawo si yi Afek-dua me la, gli mũ dze ame akpe blave vɔ adre, siwo kpɔtɔ la dzi; eye Ben-Hadad si yi dua me tso xɔ me yi xɔ me.


Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.


Xelkat kple eŋu lãnyiƒe kpakple Rexob kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene


va to Ebron, Rexob, Xamon kple Kana vaseɖe Zidon, ɖu gã la gbɔ.


Kanaanitɔwo ƒe anyigba blibo la kple Meara, si nye Zidonitɔwo to, vaseɖe Afek kple Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu,


Afek-fia ɖeka, Saron-fia ɖeka,


Gadi, Susi vi, amesi nye Yosef ƒomeawo, tso Manase-to la me;


Eye liƒo la tro to Rama kple du sesẽ Tirus gbɔ, eye wònyè kpo to Xosa heva wu nu ɖe ƒu nu tso Axsib-nuto me


Esia nye Aser-viwo ƒe to la ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.


Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.


Aser menya Akotɔwo, Zidontɔwo, Axlabtɔwo, Axzibtɔwo, Xelbatɔwo, Afiktɔwo kple Rexobtɔwo o;


Amevi, trɔ ŋgɔ de Zidon, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite