Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 19:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye woƒe anyigba to Yezreel, Kesulot, Sunem,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yezreel, Kesulot, Sunem,

Gade chapit la Kopi




Yosua 19:18
17 Referans Kwoze  

Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.


Eva me gbe ɖeka be, Elisa yi Sunem, eye nyɔnu hotɔa ɖe le afima, amesi ƒoe ɖe enu be, wòaɖu nu kplii. Eye ne eva yina godoo la, edzea afima heɖua nu.


Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, eɖo tu ɖe ŋku, eye wòwɔ leke na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu.


Emegbe fia Yoram gbugbɔ yi aƒe, be woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de eŋu, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu ne. Eye Yehu gblɔ bena: Ne edze mia ŋu la, ekema amea ɖeke megasi tso dua me ayi aɖagblɔe le Yezreel o.


Tete fia la gbɔ va aƒe, be wòana woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de enu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu. Eye Yuda-fia, Yoram ƒe vi Axazya yi, be yeakpɔ Axab vi Yoram ɖa le Yezreel, elabena ele dɔ lém.


Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpui Gexazi bena: Yi ɖayɔ Sunem-nyɔnu sia vɛ. Tete wòdayɔe, eve wòva tsitre de eŋku me.


Eye wòva me le nya siawo megbe be, Weingblea ɖe le Yezreeltɔ Nabot si le Yezreel te ɖe Samaria-fia Axab ƒe aƒe ŋu.


Eye wògblɔ bena: Woatsɔ Abisag, Sunami-nyɔnu, na nɔviwò Adoniya, ne wòaɖe.


Eye wògblɔ bena: Taflatse, ƒo nu kple fia Salomo, elabena magbe wò gbe o, ne wòatsɔ Sunami-nyɔnu Abisag nam maɖe.


Eye wodi ɖetugbi dzetugbe le Israel-nyigba blibo la katã dzi, eye wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la, hekplɔe vɛ na fia la.


Dzidze enelia dze Isaxar-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu.


Xafarayim, Sion, Anaxarat,


Yesreel, Yokdeam, Zanoax.


Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.


eye wòɖoe fia ɖe Gilead kple Asertɔwo, Yezreel, Efrayim, Benyamin kple Israel blibo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite