Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 18:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke mide anyigba la agbalẽ me ɖe akpa adre me tsɔ vɛ nam le afisia, eye nudzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa, mía Mawu la ŋku me afi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae.

Gade chapit la Kopi




Yosua 18:6
11 Referans Kwoze  

Eye wodzidze nu hafi mãe na to asieke kple afã la, abe alesi Yehowa ɖe se to Mose dzi ene.


Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Nudzidze tsia dzre nu, eye wòtsoa nya me na ŋusẽtɔwo.


Woda dzidzenu ɖe akɔme, ke Yehowa me nye emetsotso katã.


hegblɔ bena: Wòe matsɔ Kanaan-nyigba na, ne wòanye miaƒe domenyinu ƒe gome!


Tete ŋutsuawo dze mɔ heyi, eye Yosua de se na amesiwo yina anyigba la de ge agbalẽ me la bena: Miyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye miŋlɔe tsɔ ve nam, ekema madzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa ŋku me le Silo.


Eve Mose de se na Israel-viwo bena Esia nye anyigba, si dzi woadzidze nu ɖo amã na mi la; anyigba si ŋu Yehowa ɖe se le be, woatsɔ na to asieke kple afã la.


Miadzidze nu ɖe anyigba la dzi amãe ɖe miaƒe ƒomeawo nu; miana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee. Teƒe, si dzi nudzidze la dze nɛ la, afima woaxɔ; mianye ɖe mia fofowo ƒe toawo nu.


Ke Lewitɔwo mexɔ gomea ɖeke ɖe mia dome o, elabena Yehowa ƒe nunɔladɔ enye woƒe domenyinu, eye Gad, Ruben kple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na wo la, ɖe Yordan godo le ɣedzeƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite