Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Ɣekaɣi gɔ̃ miawɔ kuvia ase ɖo, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi la wòanye mia tɔ oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi?

Gade chapit la Kopi




Yosua 18:3
15 Referans Kwoze  

Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Woɖo ŋu bena: Mitso, ne míaho ɖe wo ŋu, elabena miekpɔ anyigba la, eye kpɔ ɖa, enyo ŋutɔ! Nukaŋuti mieli kpoo ale? Migawɔ ƒome le anyigba la xɔxɔ, ne wòanye mia tɔ ŋuti o!


Ke esi wòdo go le gaƒoƒo wuiɖekelia me la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre, eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi tre le kuvia me ɖe afisia ŋkeke blibo la katã mahã?


Kuviatɔ ƒe mɔ enye ŋukpɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe enye mɔ tata.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, ado ko, ke veviedolawo ƒe asi hea kesinɔnu vɛ.


Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megaɖo agblɔ o!


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Eye Israel-viwo ƒe to adre susɔ, siwo womemã anyigba na haɖe o.


Miɖe ŋutsu etɔ̃etɔ̃ le to sia to me, ne madɔ wo woayi aɖatsa le anyigba la dzi, eye woaɖe anyigba, alesi nu ade wo nu la, agbalẽ me vɛ nam,


Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.


Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite