Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 18:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye liƒo la trɔ va zɔ to, si le Efrayim-tagba ƒe anyiehe le Ben-Hinom-bali la kasa la ƒe mlɔenu, eye wòzɔ Hinom-bali la me heto Yebusitɔwo ƒe to la ŋu vaseɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel.

Gade chapit la Kopi




Yosua 18:16
19 Referans Kwoze  

Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.


ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze eye womegatea ŋu trenɛ o la ene, eye woaɖi ame ɖe Tofet, le esi ameɖiƒe le vevem ta.


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Ben-Hinom-bali me o, ke boŋ be amewubalime.


nayi Ben-Hinom-bali me, si le zemegboa ŋgɔdze la me, eye naɖe gbe ƒã nya, siwo gblɔ ge mala na wò la le afima.


Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Ke Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Eye Adoniya wu alẽwo, nyiwo kple nyivi damiwo le Soxelet-kpe la gbɔ le Rogel-vudo la xa, eye wokpe nɔviaŋutsuwo katã, siwo nye fiaviwo kple Yuda-ŋutsuwo katã, siwo nye fia ƒe dɔlawo


Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo.


Gake ŋutsu la melɔ̃ be, yeatsi adɔ o, eye wòdze mɔ heva Yebus, si nye Yerusalem la kasa, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, kple eƒe ahiã la kpe ɖe eŋu.


Ke Benyamin-viwo menya Yebusitɔ, siwo nɔ Yerusalem la ɖa o; eyata Yebusitɔwo kple Benyamin-viwo tsaka le Yerusalem vaseɖe egbe?


Eye Yuda-viwo wɔ aʋa kple Yerusalem, woxɔe, eye wowu wo kple yi hetɔ dzo du lã.


Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Ke Yuda-viwo mete ŋu nyã Yebusitɔ, siwo le Yerusalem la ɖa o, eyata Yebusitɔwo tsi Yerusalem le Yuda-viwo dome vaseɖe egbe.


Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite