Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 18:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 18:10
24 Referans Kwoze  

eye mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo, si na miedze ame kɔkɔewo ƒe domenyinyi ƒe gomekpɔkpɔ le kekeli la me,


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Ke mide anyigba la agbalẽ me ɖe akpa adre me tsɔ vɛ nam le afisia, eye nudzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa, mía Mawu la ŋku me afi.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“


Esia nye anyigba, si dzi miadzidze nu ɖo wòanye domenyinu na Israel ƒe toawo, eye esia nye woƒe gomewo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ne miedzidze nu ɖe edzi, be wòanye miaƒe domenyinu la, mibu amedzro, siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la abe Israel-viwo ƒe aƒeviwo ene; woaxɔ domenyinu kpe ɖe mia ŋu ɖe Israel ƒe toawo dome.


Nudzidze tsia dzre nu, eye wòtsoa nya me na ŋusẽtɔwo.


Medi be, mana wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te. Sela.


Etsɔ dukɔwo ɖe mía te kple sesẽ, eye wòɖe anyigbadzitɔwo míaƒe afɔ te.


Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.


Tete ŋutsuawo dze mɔ heyi, eye Yosua de se na amesiwo yina anyigba la de ge agbalẽ me la bena: Miyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye miŋlɔe tsɔ ve nam, ekema madzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa ŋku me le Silo.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ale ŋutsuawo yi ɖatsa le anyigba la dzi, eye womãe ɖe akpa adre me le woƒe duwo nu heŋlɔe tsɔ vɛ na Yosua le asaɖa me le Silo.


Wodzidze nu ɖe Benyamin-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomewo nu, eye anyigba, si ge ɖe wo si me la, le Yuda-viwo kple Yosef-viwo dome.


Elabena miyi nɔnyeƒe le Silo, afisi mena nye ŋkɔ nɔ tsã la, eye mikpɔ nusi mewɔe le nye dukɔ Israel ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta la ɖa.


„Eyata wò amea ɖeke mada dzidzeka ɖe eƒe anyigba ŋu le Yehowa ƒe amehawo dome o.“


Eye wodzidze nu hafi mãe na to asieke kple afã la, abe alesi Yehowa ɖe se to Mose dzi ene.


Alesi Yehowa ɖe se na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ, eye wòmã anyigba la.


Kpɔ ɖa, memã dukɔ kpɔtɔe siawo ƒe anyigba na miaƒe toawo tso Yordan nu kple dukɔ, siwo katã metsrɔ̃ la gbɔ, vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe.


Edzidze nu hafi ma woa kple eve la, elabena woawoe nye kɔkɔeƒe la nu amegãwo kple Mawu ƒe amegãwo tso Eleazar viwo kple Itamar viwo dome.


Dukɔ la ƒe amegãwo nɔ Yerusalem; ke dukɔ susɔea dzidze nu be, ame ɖekaɖeka natso ame ewoewo dome ava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me, ke ame asieke asieke bubuawo nanɔ duwo me


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite