Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 17:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 ke boŋ mixɔ tonyigba la, eye miƒo aveawo ɖa le edzi, eye wòanye mia tɔ vaseɖe eƒe mlɔenu. Elabena mianyã Kanaanitɔ, siwo si gatasiaɖamwo le, eye ŋusẽ le wo ŋu la ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 17:18
18 Referans Kwoze  

Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.


eye wòtso to sia tame va to Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ heɖo ta ɖu, siwo le Efron-to dzi la gbɔ vaseɖe Baala, esia nye Kiryat-Yearim.


Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.


tometɔwo katã, tso Libanon vaseɖe Misrefot-Mayim kpakple Zidonitɔwo katã. Nye ŋuta manyã wo le Israel-viwo ŋgɔ, dzidze nu, namãe na Israel-viwo ko, abe alesi mede se na wò ene.


Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, si nye Efrayim kple Manase bena: Miesɔ gbɔ, eye ŋusẽ geɖe le mia ŋu; menye gome ɖeka koe anɔ mia si o;


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Eye aʋakɔ la ho yi gbedzi, be woakpe Israel; eye ana la ƒe ali le Efrayim-ave me.


Ke eva eƒe dati goŋgoŋ, eye eƒe asiwò le tsatsam; elabena exɔ ŋusẽ tso Yakob ƒe ŋusẽtɔ kple Israel ƒe kplɔla kple kpe la gbɔ,


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite