Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 17:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Yosua ɖo ŋu na wo bena: Ne míesɔ gbɔ la, ekema miyi Filistitɔwo kple Refaitɔwo ƒe anyigba dzi, eye miƒo aveawo ɖa le afima; elabena Efrayim-to la xaxa na mi akpa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 17:15
12 Referans Kwoze  

Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe


Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.


eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


Eye Filistitɔwo gaho heva kaka ɖe Refaim-bali la me


Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,


Xititɔwo, Perizitɔwo, Refaitɔwo,


Eye Yosef-viwo gblɔ na Yosua bena: Nukaŋuti nèna anyigba kple gome ɖeka pɛ ko mi, evɔ míesɔ gbɔ, eye Yehowa yra mí vaseɖe fifi hafi?


Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.


Eye aʋakɔ la ho yi gbedzi, be woakpe Israel; eye ana la ƒe ali le Efrayim-ave me.


Eye ŋutsua ɖe no Efrayim-to dzi, si ŋkɔ nye Mixa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite