Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke Womenya Kanaanitɔ, siwo nɔ Geser la ɖa o, eyata Kanaanitɔwo tsi Efrayim dome vaseɖe egbe, eye wona wowɔ dɔ na wo yaka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene.

Gade chapit la Kopi




Yosua 16:10
12 Referans Kwoze  

Eye Efrayim hã menya Kanaanitɔ, siwo nɔ Gezer la ɖa o; eyata Kanaanitɔwo tsi wo dome le Gezer.


Egipte-fia Farao ho va xɔ Gezer, eye wòtɔ dzoe hewu Kanaanitɔ, siwo le eme, eye wòtsɔe wɔ atsuƒeyinu na vianyɔnu, si nye Salomo srɔ̃.


Gake esi ŋusẽ va ɖo Israel-viwo ŋu la, wona Kanaanitɔwo wɔ dɔ na wo yaka; ke ɖeko womenya wo o.


woƒe vi, siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi le wo megbe, amesiwo Israel mete ŋu tsrɔ̃ gbidigbidi o la, fia Salomo tsɔ wɔ yakadɔwɔlawoe vaseɖe egbe.


Ke Yuda-viwo mete ŋu nyã Yebusitɔ, siwo le Yerusalem la ɖa o, eyata Yebusitɔwo tsi Yerusalem le Yuda-viwo dome vaseɖe egbe.


Ɣemaɣi Horam, Gezer-fia ho, be yeava xɔ na Laxis, ke Yosua si eya hã kple eƒe dukɔ la, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


hekpe ɖe du, siwo katã wotia le Manase-viwo ƒe anyigba dzi na Efrayim-viwo la ŋuti.


Ke Manase mete ŋu xɔ ɖu siawo o, ale Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ.


Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:


woƒe vi, siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi le wo megbe, amesiwo Israel-viwo metsrɔ̃ gbidigbidi o la, woawo Salomo tso wo yakadɔwɔlawoe vaseɖe egbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite