Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye liƒo la zɔ Ben-Hinom-bali la me va to Yebusitɔwo ƒe to la ŋu le dziehe, esia nye Yerusalem; eyome liƒo la zɔ to, si le Hinom-bali la nu le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim-bali la ƒe mlɔenu le anyiehe gome,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:8
17 Referans Kwoze  

eye liƒo la trɔ va zɔ to, si le Efrayim-tagba ƒe anyiehe le Ben-Hinom-bali la kasa la ƒe mlɔenu, eye wòzɔ Hinom-bali la me heto Yebusitɔwo ƒe to la ŋu vaseɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ,


Ke Yuda-viwo mete ŋu nyã Yebusitɔ, siwo le Yerusalem la ɖa o, eyata Yebusitɔwo tsi Yerusalem le Yuda-viwo dome vaseɖe egbe.


Gake ŋutsu la melɔ̃ be, yeatsi adɔ o, eye wòdze mɔ heva Yebus, si nye Yerusalem la kasa, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, kple eƒe ahiã la kpe ɖe eŋu.


Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Ke Benyamin-viwo menya Yebusitɔ, siwo nɔ Yerusalem la ɖa o; eyata Yebusitɔwo kple Benyamin-viwo tsaka le Yerusalem vaseɖe egbe?


Eye Yeremya gbɔ tso Tofet, afisi Yehowa ɖoe ɖo, be wòaɖagblɔ nya ɖi le la, etsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu hegblɔ na dukɔ blibo la bena:


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Ben-Hinom-bali me o, ke boŋ be amewubalime.


nayi Ben-Hinom-bali me, si le zemegboa ŋgɔdze la me, eye naɖe gbe ƒã nya, siwo gblɔ ge mala na wò la le afima.


Anɔ abe alesi nuŋela léa ahɔ̃liti, eye eƒe asi ŋea bliwo ene, eye anɔ abe alesi wofaa bli dzɔdzɔe le Refaim-bali me ene.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Eye Filistitɔwo gaho heva kaka ɖe Refaim-bali la me


Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Eye Yuda-viwo wɔ aʋa kple Yerusalem, woxɔe, eye wowu wo kple yi hetɔ dzo du lã.


Eye Dawid kple Israel blibo la ho yi Yerusalem, si nye Yebus, elabena Yebusitɔwo nyẽ anyigba dzi nɔlawo le afima.


Zanoax, Adulam kple eƒe agbletawo, Laxis kple eƒe agblewo me, Azeka kple eƒe kɔƒewo me. Eye womlo ɖe nu tso Beer-Seba vaseɖe Hinom-bali la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite