Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 vaseɖe Azmon, eye wòzɔ Egipte-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe ƒu nu. Esia nye miaƒe dzieheliƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:4
8 Referans Kwoze  

Eye liƒo la nanyè kpo tso Azmon ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu ava wu nu ɖe ƒu la nu.


tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


eye wòva to Akrabim-to ƒe dziehe gome vaseɖe Zin, eye wòmlo va zɔ Kades-Barnea ƒe dziehe vaseɖe Xezron, eto Adar hegɔdɔ̃ mɔ to Karka


Asdod kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo, Gaza kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo vaseɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye ƒu gã la enye liƒo.


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite