Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Esi Otniel, Kaleb nɔvi Kenas ƒe viŋutsu, xɔe la, etsɔ vianyɔnu Axsa nɛ wòɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:17
9 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo ɖo ɣli yɔ Yehowa, tete Yehowa ɖo xɔnametɔ na Israel-viwo, Otniel, Kaleb ƒe tsɛ, Kenas ƒe vi, eye wòɖe wo.


Eye esi Otniel, Kaleb ƒe tsɛ, Kenas ƒe vi, xɔe la, etso via Axsa nɛ woɖee.


Eye anyigba la dzi fa ƒe blane, vaseɖe esime Otniel, Kenas vi la ku.


Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.


Eya kee dzi Saaf hã, amesi nye Madmana fofo, Sewa, si nye Maxbena kple Gibea fofo; eye Kaleb ƒe vinyɔnu enye Axsa.


negbe Kaleb, Yefune vi, Kenesitɔ la, kple Yosua, Nun vi ko, elabena woawo dze Yehowa yome blibo.


Eye Kaleb gblɔ bena: Amesi ke aɖu Kiryat-Sefer dzi, eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Axsa nɛ wòaɖe.


Kenaz viwo nye: Otniel kple Seraya; eye Otniel vi nye Xatat.


Wuievelia, le dzinu wuievelia me, enye Netofatitɔ Xeldai tso Otniel viwo dome, eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite