Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi,

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:14
9 Referans Kwoze  

Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima.


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi.


Miekpɔ Enak viwo, amesiwo nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye miawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene, eye nenema woawo hã kpɔ míi.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo.


Eye Yisbi tso Nob, amesi nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, di be, yeawu Dawid. Eƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli sekel alafa etɔ̃, eye wòkpla aʋawɔnu yeye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite