Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:13
18 Referans Kwoze  

Ke Kaleb tsi nya ɖe dukɔ la nu hexɔ ɖe Mose dzi bena: Míate ŋu ade, eye míaxɔe, m ate ŋui kokoko tsã!


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me;


Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti.


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


Ŋutsu la ŋkɔ nye Nabal, eye srɔ̃ ŋkɔ nye Abigail: nyɔnu la ƒe tagbɔ ka, eye wòdze tugbe, ke ŋutsua enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi, eye wòtso Kaleb-ƒome me.


Míeyi ɖadze Kretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda-nyigba kpakple Kaleb ƒe dziehe gome dzi, eye mieta dzo Ziklag.


Wotsɔ Golan le Basan kple eŋu lãnyiƒe kpakple Astarot kple eŋu lãnyiƒe na Gerson viwo ɖe Manase ƒome ƒe to afã la me.


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi.


Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.


Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima.


kpakple amesiwo le Xebron kple teƒe, siwo katã Dawid kple eƒe amewo to.


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Zora, Ayalon kple Xebron, siwo le Yuda kple Benyamin, wòzu du sesẽwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite