Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emegbe liƒo la zɔ Ekron-to la ŋu le anyiehe vaseɖe Sikron, eye wòmlo to Baala-to la tame ɖo ta Yabneel va wu nu ɖe ƒu nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:11
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ ne bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel, ne woabia gbee ase o ta, nèdɔ ame, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.


Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsua ɖe va kpe mí, eye wògblɔ na mí bena: Mitrɔ gbugbɔ yi fia, si dɔ mi ɖa la gbɔ, eye migblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, nèdɔ ame ɖo ɖa, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.


Eye du, siwo Filistitɔwo xɔ le Israel si la gasu Israel si. Ale Israel xɔ Ekron vaseɖe Gat kple woƒe anyigbawo le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.


Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!


Ekron kple eŋu duwo kple eŋu koƒewo,


eye wòtso to sia tame va to Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ heɖo ta ɖu, siwo le Efron-to dzi la gbɔ vaseɖe Baala, esia nye Kiryat-Yearim.


Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna.


Eye ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo. Esia nye Yuda-viwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.


Eye Israel-ŋutsuwo kple Yuda-ŋutsuwo ho, eye wotso aseye heti Filistitɔwo yome vaseɖe bali la me kple Ekron ƒe agbo nu, eye Filistitɔwo tsi aʋa ɖe Saarayim-mɔ dzi vaseɖe Gat kple Ekron.


Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo nanye ƒu gã la; eya nado liƒo na mi le ɣetoɖoƒe gome.


Eye Yuda xɔ Gaza kple eƒe anyigba, Askalon kple eƒe anyigba kpakple Ekron kple eƒe anyigba.


Eye wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wogblɔ bena: Aleke miele Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la wɔ gee? Woɖo ŋu be: Mitsɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖo ɖe Gat! Tete woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa.


Eye wòho dawo aʋa kple Filistitɔwo, eye wògbã Gat ƒe gliwo, Yabne ƒe gliwo kple Asdod ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod kple Filistitɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite