Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 14:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 14:15
16 Referans Kwoze  

Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Eye anyigba la dzi fa ƒe blane, vaseɖe esime Otniel, Kenas vi la ku.


Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene.


Ale wobɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi le Israel-viwo ŋku me, eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Eye anyigba la dzi fa le Gideon ŋɔli ƒe blane sɔŋ.


Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.


Ale Moabitɔwo ge ɖe Israel ƒe asi te ɣemaɣi, eye anyigba dzi la ƒe blanyi sɔŋ.


Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le.


Eye wògblɔ ne bena: Yi ɖakpɔ bena, nɔviwòwo kple lãhawo li sesĩe mahã? Emegbe la nava gblɔe nam. Ale wòdɔe tso Xebron-bali me, eye wòva Sixem.


Eyata Xebron zu Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, ƒe domenyinu vaseɖe egbe, elabena edze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome blibo.


Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti.


Yuda-vi, siwo nɔ kɔƒewo me le woƒe agblewo me la, dometɔa ɖewo nɔ Kiryat-Arba kple eƒe kɔƒewo me, Dibon kple eƒe kɔƒewo me, Yekabzeel kple eƒe agbletawo,


Ke wotsɔ, agble, si le dua ŋuti, kple eƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi, wònye etɔ.


Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima.


kpakple amesiwo le Xebron kple teƒe, siwo katã Dawid kple eƒe amewo to.


Merari viwo nye: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Lewi viwo ƒe ƒomeawo le wo fofowo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite