Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 dzitɔwo ƒe anyigba, Libanon blibo la le ɣedzeƒe, tso Baal-Gad le Xermon-to la nu heɖo ta Xamat;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Gebalitɔwo ƒe anyigba kple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 13:5
14 Referans Kwoze  

Ke azɔ la Yehowa, nye Mawu, na gbɔɖemem godoo va kpe, eye ketɔa ɖeke kple nya vɔ̃a ɖeke megali o.


Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,


Gebal-ame tsitsiwo kple woƒe aɖaŋuawo nɔ mewo, ne woatre wò ɖuɖuƒewo; atsiaƒu dzi ʋuwo kple wo kulawo nɔ mewo, ne woaɖɔ li adzɔnu na wò.


Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo,


tso to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbɔ vaseɖe Baal-Gad le Libanon ƒe bali me le Xermon-to la te, eye wòɖe aboyo woƒe fiawo katã hewu wo.


Miaɖee tso Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye liƒo la naɖe Zedad.


Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?


Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa?


Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo kple to nyui siawo kpakple Libanon!


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat.


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Tete wòlé fia la hekplɔe yina Babel-fia le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòbu fɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite