Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 13:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye wotso Gilead afã, Astarot kple Edrei, du, siwo le Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me, na Manase vi, Maxir-viwo ƒe afã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 13:31
14 Referans Kwoze  

Hekpe ɖe Og, Basan-fia, amesi nye ame dzɔtsu mlɔea, si nɔ Astarot kple Edrei ƒe anyigba ŋu,


kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot.


Og, Basan-fia, si ɖu fia le Astarot kple Edrei la, ƒe fiaɖuƒe blibo la: eya nye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi, eye Mose ɖu wo dzi henyã wo.


Esia nye anyigba, si Mose ma le Moab-tagba le Yordan godo le Yerixo ƒe ɣedzeƒe.


Elabena Manase vinyɔnuwo xɔ anyigba ɖe viaŋutsuwo dome, ke Gilead-nyigba nye Manase-vi mamleawo tɔ.


Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Eye wodo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, elabena miegblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baalwo kple Astartewo; azɔ ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, ekema miasubɔ wò!


Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃wo, tsɔ wò nuɖusi ɖe mi, eye naɖo to mi!


Ale Manase xɔ akpa ewo hekpe ɖe Gilead-nyigba kple Basan-nyigba ŋuti le Yordan ƒe go keme dzi.


Gilead tsi Yordan ƒe go keme dzi bɔkɔɔ. Nukaŋuti Dan nye amedzro le nuwo me? Aser baba nɔ ƒuta, eye wòtsyɔ akɔ anyi ɖe eƒe adɔ̃wo nu.


Manase nexɔ gome ɖeka ɖe Naftali ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite