Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 amesi ƒe dziɖuƒe nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxati-tɔwo ƒe liƒo ŋu kple Gilead afã heva ke ɖe Sixon, Xesbon-fia, ƒe anyigba ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba.

Gade chapit la Kopi




Yosua 12:5
14 Referans Kwoze  

Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.


Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.


Gilead kple Gesuritɔwo kpakple Maaxatitɔwo ƒe anyigba, Xermon-to blibo la kple Basan blibo la vaseɖe Salxa;


Esi aʋakɔ la ƒe amegãwo katã kple woƒe amewo se be, Babel-fia tso Gedalya do dzikpɔlae la, wova Gedalya gbɔ le Mizpa; eye Ismael, Netanya vi, Yoxanan, Kareax vi, kple Seraya, Tanxumet vi, tso Netofat kpakple Yaazanya, Maaxati vi, kple woƒe amewo hã le eme.


Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,


Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.


Ke Absalom si yi Gesur-fia Talmai, Amihud vi gbɔ. Eye Dawid fa na via ɣeyiɣi blibo la.


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Eye Gad-viwo nɔ wo kasa le Basan-nyigba dzi vaseɖe Salxa.


woawo kple woƒe amehawo va Gedalya gbɔ le Mizpa: Ismael, Netanya vi, Yoxanan kple Yonatan, Kareax viwo, Seraya, Tanxumet vi, kple Netofatitɔ Efai viwo kpakple Yezanya, Maaxatitɔ la vi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite