Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.

Gade chapit la Kopi




Yosua 12:2
12 Referans Kwoze  

Ale nunanawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa me dɔ le zã ma me.


Amoritɔwo ƒe fia Sixon, Basan-fia Og kple Kanaan-fiaduƒewo katã,


Etsɔ fiaduƒewo kple dukɔwo, siwo nèkaka ɖe afisiafi la, de asi na wo; eye woxɔ Sixon ƒe anyigba, Xesbon-fia ƒe anyigba kple Basan-fia Og ƒe anyigba wonye wo ta.


Eye woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba blibo la tso Arnon nu vaseɖe Yabok nu, tso gbedzi vaseɖe Yordan nu.


Amon-viwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe dolawo bena: Elabena Israel xɔ nye anyigba, esime wotso Egipte va, tso Arnon nu vaseɖe Yabok kple Yordan nu; eyata gagbugbɔe nam kpoo!


Bela, Azaz vi, amesi nye Sema vi, amesi nye Yoel vi; eya nɔ Aroer vaseɖe Nebo kple Baal-Meon;


Aroer-nyɔnu, va tsi tre ɖe mɔ to nanɔ ŋu tsam, bia amesiwo si, eye wokplɔ la bena: Nya kae dzɔ?


le esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, kple Og, Basan-fia, si nɔ Astarot dzi, le Edrei megbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite