Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 11:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 tso to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbɔ vaseɖe Baal-Gad le Libanon ƒe bali me le Xermon-to la te, eye wòɖe aboyo woƒe fiawo katã hewu wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã.

Gade chapit la Kopi




Yosua 11:17
12 Referans Kwoze  

atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


dzitɔwo ƒe anyigba, Libanon blibo la le ɣedzeƒe, tso Baal-Gad le Xermon-to la nu heɖo ta Xamat;


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Miaƒe anyigba atso gbedzi kple Libanon sia gbɔ vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu, Xititɔwo ƒe anyigba blibo la vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe gome.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Tete mietrɔ, eye miehe ɖo ta gbedzi heto Avaƒu gbɔ mɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene, eye mietrɔ Seir-to la ta eteƒe didi.


Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.


Sidonitɔwo yɔ Xermon bena Siryon, ke Amoritɔwo yɔe bena Senir —


Eye Yosua wɔ aʋa kple fia siawo katã eteƒe didi.


Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite