Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yabin, Xazor-fia, se esia la, edɔ ame ɖo ɖe Yobab, Madon-fia kple Simron-fia, Axsaf-fia

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia,

Gade chapit la Kopi




Yosua 11:1
19 Referans Kwoze  

Ɣemaɣi ke Yosua trɔ va xɔ Xazor, eye wowu eme fia kple yi, elabena tsã la Xazor enye ta na fiaɖuƒe siawo katã.


Eyata Yehowa tso wo dzra na Kanaan-fia Yabin, amesi ɖu dzi le Xazor; eƒe aʋafia nye Sisera, amesi nɔ Xaroset-Goyim.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Ke Sisera to afɔ si va Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃ ƒe agbadɔ gbɔ, elabena ŋutifafa le Xazor-fia, Yabin kple Kenitɔ Xeber ƒe aƒe la dome.


Adama, Rama, Xazor,


Madon-fia ɖeka, Xazor-fia ɖeka,


Emegbe Yosua kple Israel blibo la gbugbɔ va asaɖa me le Gilgal.


Fiawo va wɔ aʋa, Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣemaɣi le Tanax le Megido-tɔ la nu; ke womekpɔ klosaloa ɖeke xɔ o!


Ben-Abinadab tɔ enye Xor-nyigba blibo la; eya ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Tatat;


Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:


wo katã ƒo ta kpli, be yewoawɔ aʋa kple Yosua kpakple Israel.


Simron-Meron-fia ɖeka, Axsaf-fia ɖeka,


Esi Aramtɔwo kpɔ bena, Israel-viwo si yewo la, woƒo wo ɖokui nu ƒu.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite