Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena. Megavɔ̃ o, elabena matsɔ wo ade asi na wò, eye wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe ŋuwò o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:8
16 Referans Kwoze  

Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Megavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba ade asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.


Ke Yehowa gblɔ na Yosua bena Megavɔ̃ wo o, elabena mana wo katã natsrɔ̃ le Israel ŋgɔ etsɔ wɔle siawo; natu ata na woƒe sɔwo, eye natɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò,


atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


Tete Yosua va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena ezɔ zã blibo la tso Gilgal.


Eye Yosua gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o, milé dzi ɖe ƒo, eye mise ŋu! Elabena alea Yehowa awɔ miaƒe futɔ, siwo katã mia kple wo miele aʋa wo ge lae.


Eye Yehowa gblɔ nɛ le zã ma me bena: Tso, naɖi yi asaɖa la me, elabena metsɔe ɖe asi na wò!


Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Manɔ anyi kpli wò kokoko, eye asi Midiantɔwo abe ŋutsu ɖeka ene.


eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí.


Eye kpo ɖa, nyagblɔɖila ɖe va Israel-fia Axab gbɔ gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ele ameha gã geɖe sia kpɔma? Kpɔ ɖa, matsɔe ade asi na wò egbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite