Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Enumake Yosua kple eƒe aʋakɔ la katã kpakple kalẽtɔwo katã ho tso Gilgal.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:7
5 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò,


Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;


Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o.


Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.


Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã ho, be wòayi Ai. Eye Yosua tia kalẽtɔ akpe blaetɔ̃, eye wòdɔ wo ɖa le zã me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite