Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia kpakple woƒe aʋakɔwo katã kpe ta, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon ŋu hewɔ ana kplii.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:5
8 Referans Kwoze  

Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.


Ke fia atɔ mawo si yi ɖaɣla ɖe do me le Makeda.


Eye du, siwo Filistitɔwo xɔ le Israel si la gasu Israel si. Ale Israel xɔ Ekron vaseɖe Gat kple woƒe anyigbawo le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.


esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite