Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:40
26 Referans Kwoze  

Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela.


Esi wòle fia ɖum la, etsrɔ̃ Yerobeam ƒe aƒe blibo la, eye mena nu gbagbea ɖeke kpɔtɔ na Yerobeam o, ke boŋ etsrɔ̃ wo keŋ le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to eƒe dɔla Axiya, Silotɔ dzi la nu;


eye woxɔe hetsrɔ̃e kple eme fia, eƒe duwo katã kple wo me nɔlawo kple yi; mena amea ɖeke si o, abe alesi wowɔ Eglon ene, eye wotsɔe kple eme nɔlawo gbidigbidi.


eye woxɔe le ŋkeke ma dzi hetsrɔ̃e kple yi, eye wotsrɔ̃ amesiwo katã le eme la gbemagbe gbidigbidi, abe alesi wowɔ Laxis ke ene.


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


negbe dua me lãwo kple aboyonuwo ko Israel ha na eɖokui, abe alesi Yehowa de se na Yosua ene.


eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome.


Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla.


atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


Benyamin-viwo ƒe to la ƒe duwo nye si le woƒe ƒomeawo nu. Yerixo, Bet-Xogla, Emek-Keziz,


amesiwo le towo dzi, gbadzaƒe, tagba, towo ŋu kple gbegbe kpakple dziehe, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo:


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Kpɔ nyuie, bena magabla nu kple anyigbadzitɔ, siwo gbɔ nava la o, be womaganɔ mia dome atrɔ zu mɔ na mi o.


eye woɖu eya hã kple eme fia kpakple eƒe duwo katã dzi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ amesiwo katã le eme lã gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, alesi wowɔ Xebron la, nenema wowɔ Debir kple eme fia hãe, abe alesi wowɔ Libna kple eme fia ene.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, toawo kple dziehe gome katã, Gosen-nyigba blibo la kple gbadzaƒe la, tagba la kple Israel-toawo kpakple wo ŋu balimewo,


Eye Mose dɔ wo, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba dzi hegblɔ na wo bena: Miyi ɖe anyigba la ƒe dziehe gome, eye miaha toawo.


Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye mietsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple vidzĩewo gbidigbidi, eye míena amea ɖeke tsi agbe ahayi sisi ge o.


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite