Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Yerusalem-fia Adonizedek dɔ ame ɖo ɖe Xebron-fia Hoham, Yarmut-fia Piram, Laxis-fia Yafia kpakple Eglon-fia Debir gbɔ gblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:3
19 Referans Kwoze  

Laxistɔwo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu! Elabena wòe nye Zion-nyɔnuvl ƒe nuvɔ̃ gãtɔ, eye gbɔwòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le.


Adorayim, Laxis, Azeka,


Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,


Tete Yuda-fia Xizkiya da ame ɖo ɖe Asur-fia le Laxis, ne woagblɔ nɛ bena: Mewɔ nuvɔ̃! Ho dzo le gbɔnye, eye maxɔ nusi natsɔ aɖo dzinye la atso. Eye Asur-fia ɖo klosalo talento alafa etɔ̃ kple sika talento blaetɔ̃ na Yuda fia Xizkiya, be wòaxe.


Ŋkeke, siwo Dawid ɖu fia le Xebron de Yuda ƒe aƒea dzi la, le ƒe adre kple dzinu ade.


Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Ke Yuda-viwo mete ŋu nyã Yebusitɔ, siwo le Yerusalem la ɖa o, eyata Yebusitɔwo tsi Yerusalem le Yuda-viwo dome vaseɖe egbe.


Xumta, Kiryat-Arba, eya nye Xebron kple Zion Wole du asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia kpakple woƒe aʋakɔwo katã kpe ta, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon ŋu hewɔ ana kplii.


Esi Yerusalem-fia Adonizedek se bena, Yosua xɔ Ai, eye wòtsrɔ̃e gbidigbidi, ewɔ Ai kple eme fia, abe alesi wòwɔ Yerixo kple eme fia ene, eye Gibeontɔwo wɔ xɔlɔ̃ kple Israel, eye wole wo dome la,


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


Eye wògblɔ ne bena: Yi ɖakpɔ bena, nɔviwòwo kple lãhawo li sesĩe mahã? Emegbe la nava gblɔe nam. Ale wòdɔe tso Xebron-bali me, eye wòva Sixem.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Tete wowɔ nenema, eye wokplɔ fia atɔ̃awo tso ɖoa me va egbɔe; woawo nye: Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia.


esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome.


Emegbe Yosua kple Israel blibo la ho tso Laxis yi Eglon, eye woɖe to ɖee hewɔ aʋa kplii,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite