Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, Yosua yɔ Israel-ŋutsuwo katã, eye wògblɔ na aʋakɔ la kplɔlawo, amesiwo ɖe aʋa la kplii bena: Mile va, eye miɖo afɔ ve dzi na fia siawo! Tete wote va, eye woɖo afɔ ve dzi na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:24
18 Referans Kwoze  

Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!


Aƒetɔ la le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya.


Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


Etrɔ vlododo kɔ ɖe ame ŋkutɔwo dzi, eye wòna wotra mɔ le gbegbe, afisi mɔa ɖeke mele o.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi.


Etsɔ ŋusẽ bla ali dzi nam ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye nẽbɔbɔ nye adikãtɔwo ɖe tenye.


Enumake wògblɔ na eƒe ŋgɔgbevi Yeter bena: Tso, nawu wo! Ke ele vɔvɔ̃m, eye meɖi eƒe yi o, elabena ɖevi wònye.


Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã?


Ena nye futɔwo trɔ ʋume dem, eye metsrɔ̃ nye futɔwo gbidigbidi.


matsɔe ade asi na amesiwo wo funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: Bɔbɔ, ne míato dziwò ayi, wo wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ, abe alesi mo le na edzitolawo ene.


Metsrɔ̃ wo, eye meto wo nyanyanya, ale be womegafɔ o, eye wodze anyi ɖe nye afɔ te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite