Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 wova ŋutɔ; elabena Gibeon-du la lolo abe fiaduwo dometɔ ɖeka ene, elolo wu Ai, eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo,

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:2
16 Referans Kwoze  

Amea ɖeke manɔ te ɖe mia nu o, eye Yehowa, mia Mawu, ana ŋɔdzi kple vovɔ̃, si le mia ŋu la, naɖo anyigba blibo, si dzi va ge míala la, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.


Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m.


Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.


Nusi sim ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi; ke ame nzɔdzɔewo ƒe didi vaa eme na wo.


Eye Yoab wo aʋa kple Amon-viwo ƒe Raba, eye wòxɔ fiadu la.


Eye Dawid gblɔ na Axis bena: Ne ève nunye la, ekema na nɔƒem ɖe anyigba dzi duawo dometɔ ɖeka me, ne manɔ afima; nukaŋuti wò dɔla anɔ fiadua me kpli wò?


Eye anyigba dzi dukɔwo katã akpɔe bena, Yehowa ƒe ŋkɔ le ŋuwò, eye woayɔ wò.


Ke esi Gibeon-tɔwo se nusi Yosua wo Yerixo kple Ai la,


Madze egɔme egbea ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nalé dukɔ, siwo katã le dziƒoa te le ŋuwò, ale be, ne wose: ŋkɔwo la, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le ŋgɔwò.


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite