Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete ɣe kple ɣleti wotɔ, vaseɖe esime dukɔ la bia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ɖe womeŋlɔ esia ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ me oa? Eye ɣe tɔ le ɣeɖota me, eye meɖe abla ɖaɖo to o anɔ ŋkeke blibo ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene!

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:13
29 Referans Kwoze  

Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.


Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Axab ƒe ɣega ƒe ɖoƒe, si wòle la dzi; tete ɣe gbugbɔ ɖe megbe tso ɖoƒe, si wòle la, ɖoƒe ewo.


Eye ŋkekea ɖeke meɖo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.


Tete Simson yɔ Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ɖo ŋku dzinye, eye do ŋusẽm fifia ko, oo Mawu, ne mabia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku eveawo nu!


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã!


Gbe kple nuƒoƒoa ɖeke meli, si ƒe ɖiɖi womesena o.


Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae be: Yudatɔwo nadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi, eye woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.


eye wòde se be, woafia aŋutrɔdaha la Yuda-viwo. Kpɔ ɖa, woŋlɔe de ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ me:


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Esi aʋafiawo dze Israel ŋgɔ, eye dukɔ la lɔ̃ faa ŋuti la, mikafu Yehowa!


Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.


Bia hlɔ̃ Midiantɔwo na Israel-viwo; emegbe nayi tɔgbuiwòwo gbɔ.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Ye latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Eyata woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ me bena: „Waheb le Sufa kple Arnon-toʋu la,


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Xizkiya gblɔ bena: Mesesẽ be, vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo o, ke boŋ vɔvɔli la negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo.


Ede se na ɣe, eye medze o, eye wòtu nu ɖe ɣletiviwo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite