Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:11
17 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako atso Aƒetɔ ta gbɔ ava abe dzikpe ƒe dzadza kple ahom gblẽnu ene; aƒoe aƒu anyi kple ŋusẽ, abe tsiɖɔɖɔ sesẽ ƒe gbagba ɖe anyi ene.


Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.


Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋuta.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Gblɔ na akalosilaawo be: Tsidzadza gbɔna hahaha, tsikpewo adza, eye ahom atu,


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.


Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.


Ɖe nède afisi wodzra sno ɖo, eye nèkpɔ afisi woƒo dzikpewo nu ƒu do,


Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.


Eye aʋa la kaka tso afima ɖe anyigba blibo la dzi, eye amesiwo tsi ave si la sa gbɔ wu esiwo tsi yi nu gbemagbe.


esiwo metu do ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua?


eya, amesi tsɔa eƒe tsi babla dana kɔkɔkɔe; ameka anɔ te ɖe eƒe vuvɔ nu?


Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne woawo eƒe do, do tutɔ enye eƒe do la, ne woawo eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite